Numbers 20:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Israelviwo ɖo Zin gbedzi le ƒea ƒe ɣleti gbãtɔ me. Woƒu asaɖa anyi ɖe Kades. Miriam ku, eye woɖii ɖe afi ma.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le ɣleti gbãtɔ me la Israel-viwo ƒe ha blibo la va Zin-gbedzi, eye dukɔ la ƒu asaɖa anyi ɖe Kades. Miryam ku le afima, eye woɖii ɖe afima.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ɣleti gbãtɔ me la, Israelviwo ƒe ha blibo la va Zin-gbedadaƒo, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Kades. Miryam ku le afi ma eye woɖii ɖe afi ma.