Numbers 20:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Zi ale si mieɖo ŋu ɖe ŋunye o, eye miekɔ ŋutinye le Israelviwo ŋkume o ta la, miakplɔ Israelviwo ade anyigba si ŋugbe medo na wo la dzi o!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena: Esi mieɖo ŋu ɖe ŋunye o, eye miekɔ ŋunye le Israel-viwo ŋku me o ŋuti la, eyata makplɔ ha sia aɖe anyigba, si matso na wo la dzi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be: “Esi miexɔ dzinye se bliboe o, eye miekɔ ŋunye le Israelviwo ŋkume o ta la, nyemana miakplɔ ha sia ade anyigba si metsɔ na wo la dzi o.”