Numbers 20:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Míeɖe kuku ɖe mɔ na mí míato wò anyigba dzi. Míakpɔ nyuie be míato miaƒe agblewo kple waingblewo me o. Míano tsi tso miaƒe vudowo me hã o. Míanɔ mɔ gã la dzi ko tẽe. Míadzo le mɔ gã la dzi o va se ɖe esime míado go le wò anyigba dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Na míato wò anyigba dzi ayi! Miele agble alo weinbɔwo me to ge o, eye míele vudo me tsi hã no ge o, negbe mɔ gã dzi ko míato, eye míadze ɖe ɖusi alo mia me o, vaseɖe esime míato wò anyigba dzi ayi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Míeɖe kuku, nà míato wò anyigba me ayi. Míele agble alo wainbɔwo me to ge o. Míele vudo aɖeke me tsi hã no ge o. Míato fia ƒe mɔ gã dzi tẽe, eye míadze ɖe afi aɖeke o, va se ɖe esime míato wò anyigba me ayi.”