Numbers 20:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Israelviwo ƒe ame dɔdɔwo yi edzi be, “Fia bubutɔ, mɔ gã la dzi ko míanɔ. Ne míano tsi tso miaƒe vudo me gɔ̃ hã la, míaxe fe ɖe sia ɖe si nàbia la ɖe eta. Ale si míatso eme ayi ko biam míele; míegale nu bubu aɖeke biam o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Israel-viwo gblɔ nɛ bena: Dumɔ gã dzi ko miehe, míato ayi, eye ne mia kple miaƒe lãwo mieno wò tsi la, ekema míaxe fe ɖe eta. Afɔ pɛ ko miehe, míatsɔ azɔ edzi ayi, eye miele naneke dim wu esia o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Israelviwo gblɔ nɛ be: “Mɔ gã dzi ko míedi be míato ayi. Ne míawo loo, alo míaƒe lãwo no miaƒe tsi la, míaxe fe ɖe eta. Ɖeko míedi be míazɔ edzi ayi; evɔ. Míedi naneke wu esia o.”