Numbers 20:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nu ka koŋkoŋkoŋ ta nèna míedzo le Egipte, eye nèkplɔ mí va teƒe sesẽ sia ɖo? Ègblɔ na mí be míayi anyigba nyui si dzi nuku wɔnukuwo abe gbotiwo, wain tsetsewo kple yevuboɖatiwo ene le. Anyigba si ƒe nya nègblɔ na mí ɖe? Tsi teti gɔ̃ hã meli ade mía nu míano le afi sia o!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nukaŋuti miekplɔ mí tso Egipte va teƒe baɖa sia, afisi womate ŋu aƒa nu ɖo o, eye gbotiwo, weinkawo kple yevuboɖatiwo mele o, eye tsi hã mele, be woano o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu ka ta miekplɔ mí dzoe le Egipte va teƒe vlo sia, afi si nuku aɖeke mawɔ le o? Bli, gboti, wain kple yevuboɖati aɖeke mele afi sia o. Tsi teti hã meli ame nano o!”