Numbers 20:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Tsɔ Aron ƒe atikplɔ la. Mi kple Aron miƒo ameawo nu ƒu. Ƒo nu le ameawo ƒe ŋkume na agakpe si le afi mɛ ɖa la be wòana tsi nado tso eme; eye nàna tsi wo tso agakpe la me wòade na ameawo kple woƒe lãwo katã.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tsɔ wò atikplɔ, eye mia kple nɔviwò Aron miaƒo ha la nu ƒu, eye naƒo nu kple agakpe la le woƒe ŋku me, ekema ana tsi. Ale nana tsi nado le agakpe la me, bena ha la kple woƒe lãwo nano.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Tsɔ atikplɔ si le nubablaɖaka la ŋgɔ, eye wò kple Aron miaƒo ha blibo la nu ƒu. Ƒo nu kple agakpe la le wo ŋkume be nena tsi nado tso eme. Aleae miawɔ ana tsi nado tso agakpe la me ne ha la kple woƒe lãwo nano.”