Numbers 21:22 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woɖe kuku na fia la be, “Na míato wò anyigba dzi ayi. Míadze ato agblewo alo wainbɔwo me o, eye míele vudometsi hã no ge o. Míale mɔ gã la tẽ va se ɖe esime míatso wò anyigba me ayi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Na mato wò anyigba dzi yi! Miadze ato agblewo alo weinbɔwo me o, eye miele vudo me tsi hã no ge o, boŋ mɔ gã ko míalé tẽ, vaseɖe esime miatso wò anyigba me ayi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Na mato wò anyigba me ayi. Míadze ato agblewo alo wainbɔwo me o, eye míano vudo aɖeke me tsi hã o. Ke boŋ míato fia ƒe mɔ gã dzi ko tẽe va se ɖe esime míato wò anyigba me ayi.”