Numbers 21:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ akɔbli nàwɔ nu si aɖi da siawo dometɔ ɖeka la da ɖe ati tutu aɖe tame. Ame sia ame si da aɖu la, ne ekpɔ akɔblida la ko la, atsi agbe!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Wɔ da vɔ̃ɖi la ƒe nɔnɔme, eye nakui ɖe ati ŋu, bena ne ɖa du amea ɖe, eye wòkpɔe ɖa la, wòatsi agbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Wɔ da vɔ̃ɖi la ƒe dzedzeme, eye nàtsɔe ku ɖe ati ŋu, ale be ne da ɖu ame aɖe wòkpɔe ko wòatsi agbe.”