Numbers 23:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Fia Balak kplɔ Balaam yi Zofim gbedzi le Pisga to la tame. Etu vɔsamlekpui adre ɖe afi ma, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòkplɔe yi ɖe Pisga-to tame, afisi gbetasrãlawo nɔna, eye wòɖi vɔsamlekpui adre hetsɔ nyitsu ɖekaɖeka kple agbo ɖekaɖeka sa vo le vɔsamlekpuia ɖesiaɖe dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ekplɔe yi Zofim gbe dzi le Pisga-to tame. Egaɖi vɔsamlekpui adrẽ ɖe afi ma hã, eye wòtsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔ le vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.