Numbers 23:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nya siwo Balaam gblɔ la woe nye: “Fia Balak, Moabtɔwo ƒe fia, kplɔm tso Aramnyigba dzi, tso ɣedzeƒetowo dzi hegblɔ nam be. ‘Va, nàƒo fi ade Yakob nam! Eye va nàdo ɖiŋu na Israel nam. Wò dɔmedzoe nabi ɖe Israel ŋu.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòdo eƒe numegbe la hegblɔ bena: Balak kplɔm tso Aram, ɣedzeƒetɔwo dzi Moab-fia kplɔm tsoe be: Va naƒo fi de Yakob nam, eye va nado ɖiŋu na Israel nam!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Bileam ɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi la be: “Balak, Moab-fia, kplɔm tso Aram, ɣedzeƒetowo dzi vɛ. Egblɔ nam be: ‘Va ƒo fi de Yakob nam! Va do ɖiŋu na Israel nam!’