Numbers 24:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
be ne Balak tsɔ klosalo kple sika de fiasã aɖe me wòyɔ kpikpikpi nam hã la, nyemate ŋu agblẽ Yehowa ƒe nyawo ɖi agblɔ nye ŋutɔ nye nyawo oa? Megblɔ be nya si Yehowa agblɔ la ko magblɔ!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne Balak atsɔ klosalo kple sika xɔ taŋ nam hã la, nyemate ŋu ada Yehowa ƒe se la dzi awɔ nyui alo vɔ̃ le ɖokuinye si o, negbe nya, si Yehowa alo la, eya ko magblɔ oa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
‘Nenye be klosalo kple sika ayɔ wò fiasã taŋ nàtsɔ nam hã la, nyemawɔ naneke le ɖokuinye si o. Nya si Aƒetɔ be magblɔ ko magblɔ.’