Numbers 24:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Mekpɔe le Israel ŋgɔ be, le ŋgɔgbe ʋĩi la, ɣletivi aɖe adzɔ tso Yakob me! Dziɖula sia tso Israel. Aɖu Moabtɔwo dzi; atsrɔ̃ Set ƒe viwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mele ekpɔm, gake menye fifiae o; mekpɔnɛ, gake mele kpuiƒe o. Ɣletivi ado tso Yakob me, eye fiatikplɔ ado tso Israel me; aŋe tonuƒuiwo na Moab, eye wòakaka la le amesiwo nye zi la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mele nu si le dzɔdzɔ ge la kpɔm ɖa; ke madzɔ fifia o. Mele Israel-dukɔa kpɔm ɖa, ke egbɔ metsɔ o. Ɣletivi ado tso Yakob ƒeme, eye fiatikplɔ ado tso Israel me. Awu Moab-megãwo, eye wòatsrɔ̃ Set ƒe amewo keŋ.