Numbers 24:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
ame si sea Mawu ƒe nya la ƒe nyagblɔɖi, ame si xɔa ɖeɖefia tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ, ame si tsyɔa mo anyi, eye eƒe ŋku nɔa te la ƒe nyawo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amesi sea Mawu ƒe nyawo, ƒe gbe enye si, amesi ŋusẽkatãtɔ ɖea nuwo fiana, amesi tsyɔ mo anyi, ke eƒe ŋkuwo le te:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame si sea Mawu ƒe nyawo, eye wòkpɔa nu si Ŋusẽkatãtɔ la ɖena fianɛ; ame si tsyɔa mo anyi gake eƒe ŋkuwo nɔa te ɖi la ƒe gbedeasie nye esi: