Numbers 25:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Finehas, Eleazar ƒe viŋutsu kple nunɔla Aron ƒe tɔgbuiyɔvi na nye dɔmedzoe nu tso, elabena eya hã do dɔmedzoe abe nye ke ene le nye bubu ta. Eya ta nyemagatsrɔ̃ Israel blibo la abe ale si meɖo ene o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Pinehas, nunɔla Aron vi Eleazar ƒe viŋutsu, enye amesi na nye dɔmedzoe nu fa ɖe Israel-viwo ŋu, elabena eʋã ŋu ɖe nunye le wo dome; eyaŋuti nyemevã nu tsrɔ̃ Israel-viwo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ame si na dɔmedzoe si medo ɖe Israelviwo ŋu la nu fa lae nye Pinehas. Eyae ʋã ŋu ɖe nunye le wo dome ale be nyemeʋã ŋu tsrɔ̃ Israelviwo le dɔmedzoe me o.