Numbers 26:62 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Levi ƒe vi siwo katã woxlẽ wonye ŋutsuwo, eye woxɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la de ame akpe blaeve-vɔ-etɔ̃ (23,000). Ke womebu Levi ƒe viwo de Israelviwo ƒe amexexlẽ ƒe nukpɔkpɔ blibo la me o, elabena womena anyigba Levi ƒe viwo esi woma anyigba ɖe toawo dome o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wotia ŋutsu, siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la xlẽ, wole ame akpe blave vɔ etɔ̃. Ke wometia wo xlẽ ɖe Israel-viwo dome o, elabena womèna domenyinua ɖeke wo le Israel-viwo dome o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Levi-ŋutsuvi siwo xɔ dzinu ɖeka kple vɔ la ƒe xexlẽmee nye akpe bla eve vɔ etɔ̃. Woxlẽ woawo ya ɖe vovo tso Israelvi bubuawo gbɔ, elabe womena domenyinu aɖeke wo le Israel-dukɔ me o.