Numbers 27:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
elabena ètsi tsitre ɖe nye ɖoɖo ŋu le Zin gbedzi. Esime Israel dze aglã ɖe ŋunye la, mède bubu ŋunye le wo ŋkume to nye ɖoɖowo dzi wɔwɔ me, aɖe gbe, tsi nado to agakpe la me o.” (Yehowa nɔ nu ƒom tso nya si dzɔ le Meriba, Dzreteƒe, le Kades, le Zin gbedzi la ŋu.)
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena miesẽ to ɖe nye nya ŋu le Zin-gbedzi, le esime ha la wɔ dzre, eye miena ŋunye kɔ le tsi la gbɔ le woƒe ŋku me o. Esia nye dzrewɔtsi la le Kades le Zin-gbedzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
elabe mi ame evea miesẽ to, gbe nye nya dzi wɔwɔ le Zin-gbedadaƒo. Esime ha blibo la nɔ nyawo gblɔm ɖe ŋunye abe dzre wɔm wole ene la, miena ŋunye kɔ le tsi la gbɔ le wo ŋkume o.” Esia nye dzrewɔtsi la le Kades le Zin-gbedadaƒo.