Numbers 27:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Nya si gblɔm Zelofehad ƒe vinyɔnuwo le la le eteƒe. Ele be miana domenyinu wo ɖe wo fofowo ƒe ƒometɔwo dome, eye miatsɔ wo fofowo ƒe domenyinu ana wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Zelofxad-vinyɔnuawo gblɔe ɖe teƒe; eyata na domenyinu wo ɖe wo fofo nɔviwo dome, eye nana wo fofo ƒe, domenyinu nayi ɖe wo si me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Zelofxad vinyɔnuawo ƒe nyaa le me, eya ta na domenyinu wo ɖe wo tɔ́ nɔviwo dome. Na wo tɔ́ ƒe domenyinu la nage ɖe wo si me.