Numbers 28:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woatsɔ nunovɔsa si nye wain lita eve la akpe ɖe nyitsu la ŋu, atsɔ lita ɖeka kple afã akpe ɖe agbo la ŋu, eye woatsɔ lita ɖeka akpe ɖe agbovi ɖe sia ɖe ŋu. Esiae nye nunovɔsa si woawɔ ɣleti sia ɣleti to ƒe blibo la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye miatsɔ wein hin afã awɔ nunovɔsa akpe ɖe nyitsua ɖesiaɖe ŋu; hin etɔ̃liawo ɖeka akpe ɖe agbo ɖeka la ŋu, eye hin eneliawo ɖeka akpe ɖe alẽvia ɖesiaɖe ŋu. Esia nye numevɔsa le gbesigbe ɣleti sia ɣleti dze dzi le ƒe la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mitsɔ wain lita eve wɔ nunonovɔsa kpe ɖe nyitsuawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Wain lita ɖeka kple afã nakpe ɖe agbo ɖeka la ŋu, eye wain lita ɖeka nakpe ɖe alẽviawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Esia nanye ɖoɖo si dzi miawɔ ne dzinu dze dzi, eye miele numemevɔ sam.