Numbers 28:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Le Dzudzɔgbe la dzi la, tsɔ alẽvi eve siwo xɔ ƒe ɖeka, eye wode blibo le go ɖe sia ɖe me la sa vɔe kpe ɖe eƒe nunovɔsa kple nuɖuvɔsa ŋu. Nuɖuvɔsa la nanye wɔ memee lita ene kple afã si wobaka kple ami.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nawɔ alẽvi eve, siwo naneke mewo afia ɖeke na o, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, ŋu dɔ le dzudzɔgbe la dzi, eye natsɔ wɔ memee eta ƒe ewoliawo eve, si wodzaba kple ami la, awɔ nuɖuvɔsae, eye nunovɔsa nakpe ɖe eŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Le Dzudzɔgbe la, miwɔ alẽvi eve ŋudɔ. Woanye alẽvi siwo naneke mewɔ afi aɖeke na o, eye ɖe sia ɖe nexɔ ƒe ɖeka. Mitsɔ wɔ memee kilo eve si wodzaba kple ami wɔ nuɖuɖuvɔsa lae, eye wain si nye nunonovɔsa hã nakpe ɖe eŋu.