Numbers 29:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Le ŋkeke atɔ̃ megbe la, ameawo katã agawɔ takpekpe, eye ame aɖeke mawɔ dɔ sesẽ aɖeke o. Esia nye ŋkeke adre ƒe ŋkekenyui si woaɖu le Yehowa ŋkume la ƒe gɔmedzedze.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɣleti adrelia te ŋkeke wuiatɔ̃lia enye takpegbe kɔkɔe na mi miawɔ asinudɔa ɖeke o, eye miaɖu ŋkekenyuie na Yehowa ŋkeke adre sɔŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ɣleti adrẽlia ƒe ŋkeke wui atɔ̃lia nye takpegbe si le kɔkɔe. Miɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adrẽ sɔŋ tsɔ de bubu ŋunye. Ame aɖeke megawɔ dɔ aɖeke le ɣeyiɣi sia me o.