Numbers 29:23 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke enelia dzi la, miatsɔ nyitsuvi ewo, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa vɔe. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miawu nyitsu ewo, agbo eve kple alẽvi wuiene, siwo sɔ blibo, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, le ŋkeke enelia dzi,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Le ŋkeke enea gbe la, miwu nyitsu ewo, agbo eve kple agbovi wui ene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka la. Ɖeke meganye lã nuwɔe o.