Numbers 30:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne srɔ̃ŋutsu la lala ŋkeke ɖeka va yi hafi wòva gbe be yemelɔ̃ ɖe ye srɔ̃ ƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema tohehe ka ke dzi nyɔnu la lɔ̃ ɖo be wòava ye dzi ne yemewɔ ɖe yeƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la ava ŋutsu la boŋ dzi, elabena eyae meɖe mɔ na nyɔnu la be wòawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne srɔ̃a zi kpi egbe kple etsɔ la, ekema wòawɔ adzɔgbe, siwo katã wòɖe, alo nusi wòtsri la dzi, elabena ezi kpi kpɔe le gbesigbe wòsee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gake ne srɔ̃ŋutsua se nyaa, zi kpi, eye emegbe hafi wòva gbe na nyɔnua be megawɔ edzi o la, vodada la zu ŋutsua tɔ, eye menye nyɔnua tɔ o.”