Numbers 30:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ne fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o, alo wòbu be tohehe si dzi wòlɔ̃ ɖo sesẽ akpa la, ekema ɖetugbi la ƒe adzɔgbeɖeɖe la megablae o. Ne fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema ele nɛ be wòaɖe gbeƒã nenema le gbe si gbe wònya nu le adzɔgbeɖeɖe la ŋu; ekema Yehowa atsɔe ake ɖetugbi la, elabena fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye fofoa se adzɔgbe, si wòɖe, alo nusi wòtsri na eɖokui, gake fofoa zi kpi kpɔe la, ekema wòawɔ adzɔgbe, si wòɖe, alo nusi wòtsri na eɖokui la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gake ne tɔ́a see, eye wògbe nɛ gbe ma gbe ke la, megawɔ adzɔgbe si wòɖe alo nu si wòka atam tsri la dzi o. Aƒetɔ atsɔe akee, le esi tɔ́a gbe nɛ ta.