Numbers 31:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be mia dometɔ aɖewo naho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu, eye woabia hlɔ̃ Midiantɔwo na Yehowa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Mose gblɔ na dukɔ la bena: Mina ŋutsuwo nabia akpa le mia dome, bena woaho aʋa ɖe Midian ŋu, ne woabia hlɔ̃ Midian na Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Mose gblɔ na dukɔ la be: “Mina miaƒe ŋutsuwo nadzra ɖo ne miaho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu, eye miahe to na wo le nu si wowɔ ɖe Aƒetɔ ŋu la ta.