Numbers 31:54 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mose kple nunɔla Eleaza xɔ sikawo le ame siwo woɖo ame akpewo kple ame alafawo nu la si eye wotsɔ nunana sia ɖadzra ɖo ɖe agbadɔ la me le Yehowa ŋkume abe ŋkuɖodzinu na Israelviwo ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Mose kple nunɔla Eleazar xɔ sikawo le amesiwo woɖo ame akpewo kple ame alafawo nu la si, eye wotso wo va Mawu ƒe agbadɔ la me, ne woanye ŋkuɖodzinu na Israel-viwo le Yehowa ŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mose kple Eleazar tsɔ sikanuawo yi godoƒegbadɔ la me ale be woanye ŋkuɖodzinu na Aƒetɔ be wòakpɔ Israelviwo ta.