Numbers 34:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ɖe gbe na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mieɖo Kanaan la, anyigba si woana mi abe domenyinu ene la ƒe liƒowo ayi ale:
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
De se na Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mieva Kanaan-nyigba dzi la, ekema anyigba, si anye miaƒe domenyinu la, enye si: Kanaan-nyigba kple eŋu liƒowo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Gblɔ na Israelviwo be: “Ne mieɖo Kanaan-nyigba, si tsɔm mele na mi be nenye mia tɔ dzi la, eƒe liƒowo anye esiwo gbɔna: