Numbers 35:33 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ale womagblẽ kɔ ɖo na anyigba la o, elabena hlɔ̃dodo gblẽa kɔ ɖo na anyigba la. Gawu la, nu si woate ŋu atsɔ alé avu ɖe hlɔ̃dodo ta koe nye hlɔ̃dola la wuwu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Migagblẽ kɔ ɖo na anyigba, sii dzi miele la o, elabena ʋu ɖe wògblẽa kɔ ɖo na anyigba, eye naneke meli, ne woatsɔ lé avu anyigba la le ʋu, si le edzi la ta o, negbe amesi kɔ ʋua ɖi la, ƒe ʋu ko.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amewuwu ɖe wògblẽa kɔ ɖo na anyigba, eya ta migagblẽ kɔ ɖo na anyigba si dzi miele la o. Naneke meli si wotsɔna léa avu anyigba ne ame aɖe wu ame le edzi o, negbe ɖe wowu amewula la hã, eƒe ʋu nakɔ ɖi.