Numbers 35:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Du siawo anɔ anyigba la ƒe akpa vovovowo. To siwo lolo, eye du geɖewo le wo si la, woana duawo Levi ƒe viwo wòasɔ gbɔ, ke to suewo ana du ʋɛ aɖewo Levi ƒe viwo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye mina Israel-vi, siwo ƒe anyigba lolo la, nana du geɖe, ke amesiwo tɔ le sue la, nana ʋee alesi miava xɔ anyigba lae la, nenema ŋu miana duawo Lewitɔwo ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Anyigba si to aɖe xɔ la ƒe lolome ŋue wòle be wòana duawo ɖo. To siwo ƒe anyigba lolo la, nana du geɖe, ke esiwo tɔ melolo o la, nana du ʋɛ aɖewo ko.”