Numbers 36:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wogblɔ be, “Esime Yehowa ɖe gbe na nye aƒetɔ be wòadzidze nu, ama anyigba la na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene la, egblɔ na wò be, nàtsɔ mía nɔvi Zelofehad ƒe domenyinu ana via nyɔnuwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
gblɔ bena: Yehowa de se na nye aƒetɔ be, wòadzidze nu amã anyigba la na Israel-viwo; eye Yehowa gagblɔ na nye aƒetɔ be, wòatsɔ mia nɔvi Zelofxad ƒe anyigba na vianyɔnuwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wogblɔ be: “Aƒetɔ gblɔ na nye aƒetɔ be woadzidze nu ama anyigba la na Israelviwo. Egagblɔ hã be míatsɔ mía nɔvi Zelofxad ƒe anyigba na via nyɔnuwo.