Numbers 5:25 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le esia megbe la, nunɔla la axɔ nuɖuvɔsa na ŋuʋaʋã le nyɔnu la si, anyee le yame le Yehowa ŋkume, eye wòatsɔe ada ɖe vɔsamlekpui la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nunɔla naxɔ anukluiwɔwɔ-nuɖuvɔsa la le nyɔnu si, eye wòanyè nuɖuvɔsa la le Yehowa ŋku me, emegbe wòatsɔe ayi vɔsamlekpui la gbɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
nunɔla la axɔ luvɔsanunana la le esi, eye wòanyèe le Aƒetɔ ŋkume, emegbe wòatsɔe ayi vɔsamlekpui la gbɔe.