Numbers 6:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nunɔla la atsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòatsɔ evelia asa numevɔe. Ale wòalé avu le ale si wògblẽ kɔ ɖoe la ta. Agbugbɔ eƒe adzɔgbe la aɖe gbe ma gbe, eye wòana eƒe ɖa nagade asi toto me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nunɔla la natsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, eye wòatsɔ evelia asa numevɔe, eye wòalé avu nɛ, le esi wògblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku ŋu la ta, eye wòagakɔ eƒe ta ŋu nɛ gbemagbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nunɔla la natsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, eye wòatsɔ evelia asa numemevɔe. Esia anye ŋutikɔkɔ kɔnu si wòawɔ nɛ elabe ete ɖe ame kuku ŋu hegblẽ kɔ ɖo. Agbugbɔ eƒe taɖa hã ŋu agakɔ gbe ma gbe ke.