Numbers 6:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋkeke siwo wòwɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe dzi hafi gblẽ kɔ ɖo la, megale eme o. Ele nɛ be wòagadze eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi wɔwɔ gɔme kple eƒe adzɔgbe yeye la, eye wòana alẽ si xɔ ƒe ɖeka hena eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Emegbe wòagagbugbɔ adzɔgbe aɖe na Yehowa, eye wòana alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka wòawɔ fɔɖivɔsae; ke ŋkeke, siwo va yi la, mele eme o, elabena egblẽ kɔ ɖo na eɖokui.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ la, Mawu ƒe Klu la agbugbɔ adzɔgbe aɖe na Aƒetɔ hena ɣeyiɣi bubu elabe ɣeyiɣi si va yi la ŋu mekɔ o, esi wògblẽ kɔ ɖo na eɖokui ta. Ale ana alẽvi si xɔ ƒe ɖeka woatsɔ asa fɔɖivɔe nɛ.”