Numbers 6:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Kpe ɖe esiawo ŋu la, agana abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã kusi ɖeka, akpɔnɔ siwo wowɔ kple wɔ memee si dzi wokɔ ami ɖo, aboŋgo si wowɔ kple wɔ maʋamaʋã si dzi wokɔ ami ɖo, eye wòagatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe nu siawo ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
kpakple kusi, si me nu maʋamaʋãwo le: aboŋgo, si wotsɔ wɔ memee ƒoe, kple akaklã, si dzi wokɔ ami ɖo; emegbe wòatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe wo ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ la, atsɔ kusi si me abolo ƒomevi siawo le la hã ɖe asi: abolo maʋamaʋã, wɔ memee bolo, abolo si wode amii kple abolo maʋamaʋã si dzi wokɔ ami ɖo. Emegbe atsɔ nu siwo woawɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa hã akpe ɖe wo ŋu.