Numbers 6:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le esiawo megbe la, atsɔ agbo la hena ŋutifafavɔsa na Yehowa kple abolo maʋamaʋã la ƒe kusi, eye wòawu enu kple nuɖuvɔsa la kple nunovɔsa la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke wòatsɔ agbo la kple kusi, si me nu maʋamaʋãwo le la, asa akpedavɔe na Yehowa, eyome nunɔla la nasa nuɖuvɔ kple nunovɔ nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Atsɔ agbo la kple kusimenuawo asa ŋutifafavɔ na Aƒetɔ. Eyome nunɔla la asa nuɖuɖuvɔ kple nunonovɔ nɛ.