Numbers 6:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Azɔ la, adzɔgbeɖela la ako eƒe ɖa ʋluya la, si nye eƒe adzɔgbeɖeɖe ƒe dzesi. Awɔ nu sia le agbadɔ la ƒe mɔnu. Le esia megbe la, woatsɔ ɖa si wòko la ade dzo me le ŋutifafavɔsa la te.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye amesi ɖe adzɔgbe hekɔ eɖokui ŋu la, nalũ eƒe ta, si ŋu ko la, le Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye wòatsɔ eƒe taɖa, si ŋu ka la, ade dzo, si le akpedavɔsa te la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ la, Mawu ƒe Klu la alũ ta le godoƒegbadɔ la nu, eye wòatsɔ taɖa la ade dzo si dzi wole ŋutifafavɔsa wɔm le la me.