Numbers 6:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Le ɣeyiɣi mawo katã me la, mele be wòako ta alo alũ ge gɔ̃ hã o, elabena enye ame kɔkɔe, eye wokɔ eŋuti na Yehowa. Eya ta ele nɛ be wòagblẽ eƒe ɖa ɖi wòato ʋluyaa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Talũhɛ made eƒe ta le ŋkeke, siwo me wòɖe adzɔgbe heka eɖokui ŋu la o, vaseɖe esime ŋkeke, siwo wòkɔ eɖokui ŋu na Yehowa, nade hafi; ame kɔkɔe wònye, eyata wòagblẽ eƒe taɖa ɖi wòato ʋluya.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ɣeyiɣi si me wònye Mawu ƒe Klu la, ezu ame kɔkɔe na Aƒetɔ eya ta talũhɛ maka ta nɛ le ɣeyiɣi mawo katã me o, ke boŋ ele nɛ be wòagblẽ eƒe taɖa ɖi wòato asa ɖe eme.