Numbers 7:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wotsɔ woƒe nunanawo vɛ na Yehowa le tasiaɖam ade siwo dzi wotsyɔ nui la me. Nyitsu eve he tasiaɖam ɖe sia ɖe. Wotsɔ tasiaɖam ɖeka na kplɔla eve, nyitsu ɖeka na kplɔla ɖe sia ɖe, eye wotsɔ wo na Yehowa le Agbadɔ la ŋgɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woƒe nunana, siwo wotsɔ va Yehowa ŋku me la, woawo nye: tasiaɖam ade, siwo dzi wogba, kpakple nyi wuieve: amegã eve na tasiaɖam ɖeka, eye wo dome ɖesiaɖe na nyi ɖekaɖeka, eye wotsɔ wo va nɔƒe la ŋgɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
tsɔ woƒe nunanawo vɛ na Aƒetɔ. Nunanaawoe nye: Tasiaɖam ade kple nyitsu wui eve. Wowɔe alea be kplɔla eve naxɔ tasiaɖam ɖeka, eye kplɔla ɖe sia ɖe naxɔ nyitsu ɖeka. Wona nuawo le agbadɔ la ŋgɔ.