Numbers 7:88 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Lã siwo katã woatsɔ asa akpedavɔe la le nyitsu blaeve-vɔ-ene, agbo blaade, gbɔ̃tsu blaade kple agbovi blaade, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka. Ale si wokɔ vɔsamlekpui la ŋu, le esime wosi ami nɛ lae nye esi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Lã, siwo wotsɔ sa akpedavɔe, wole nyi blave vɔ ene, agbo blaade, gbɔ̃tsu blaade kple alẽvi blaade, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka. Ale wokɔ vɔsamlekpui la ŋu, le esime wosi ami nɛ la, enye si.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Lã siwo katã wotsɔ va sa ŋutifafavɔe la wole nyi bla eve vɔ ene, agbo bla ade, gbɔ̃tsu bla ade kple alẽvi bla ade siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka. Esia nye vɔsamlekpui la ŋu kɔkɔ nunanawo esime wosi ami nɛ, vɔ megbe.