Numbers 7:89 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Mose yi agbadɔ la me be yeaƒo nu kple Mawu la, ese Gbe la wònɔ nu ƒom nɛ tso teƒe si le nubablaɖaka la ƒe amenuvevezikpui la tame le Kerubi eveawo tame.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne Mose yi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me, bena yeaƒo nu kplii la, ekema esea gbea ɖe tso Kerubi eveawo dome le nutsyɔnu, si le nubablaɖakaa tame la dzi: afisiae wòƒoa nu kplii le.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne Mose yi ɖe godoƒegbadɔ la me be yeaƒo nu kple Mawu la, esea gbe aɖe tso kerubi eveawo dome le nutsyɔnu si le nubablaɖakaa tame la dzi, eye wòƒoa nu kplii le afi ma.