Numbers 8:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Matsɔ Levi ƒe viwo ake Aron kple via ŋutsuwo abe nunana ene. Levi ƒe viwo awɔ dɔ kɔkɔe siwo wohiã tso Israelviwo si be woawɔ le agbadɔ la me, woatsɔ nu siwo amewo na la asa vɔwoe, eye woalé avu ɖe wo nu. Dɔvɔ̃ mato le Israelviwo dome abe ale si wòanɔ ene ne ame siwo menye Levi ƒe viwo o la ge ɖe agbadɔ la me ene o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Meɖe Lewitɔwo le Israel-viwo dome na Aron kple viaŋutsuawo, bena woawɔ subɔsubɔdɔ ɖe Israel-viwo nu le Mawu ƒe agbadɔ la me; eye woalé avu na Israel-viwo, bena Israel-viwo magate ɖe kɔkɔeƒe la ŋu, eye do vɔ̃ɖi naɖo wo dome o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Meɖe Levitɔwo abe Israelviwo ƒe nunana ene tsɔ na Aron kple via ŋutsuwo, bene woanɔ subɔsubɔdɔ wɔm le agbadɔ la me ɖe Israelviwo nu, ale be ne Israelviwo te ɖe kɔkɔeƒe la ŋu la, woawoe alé avu na Israelviwo be dɔléle vɔ̃ɖi aɖeke nagaɖo wo dome o.”