Numbers 9:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ke ame sia ame, si megblẽ kɔ ɖo na eɖokui o, eye mezɔ mɔ hã o, gake wògbe meɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o la, woaɖee le Israelviwo ƒe ha me le ale si wògbe be yemasa vɔ na Yehowa le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o ta. Eƒe nu vɔ̃ anɔ edzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne amea de megblẽ kɔ ɖo o, eye meyi nugbe hã o, gake wògbe ŋutitotoŋkekenyuie la ɖuɖu la, ekema woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome, elabena mesa vɔ na Yehowa ɖe ɣeyiɣi la dzi o; ame la ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ le edzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Evɔ ne ame aɖe megblẽ kɔ ɖo o, eye meyi nugbe hã o, gake wògbe Paska la ɖuɖu la, ekema woaɖe amea ɖa le eƒe amewo dome elabe mesa vɔ na Aƒetɔ ɖe ɣeyiɣi dzi o; ewɔ nuvɔ̃, eye woahe to nɛ kokoko.