Numbers 9:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne enɔ anyi wòdidi la, woawo hã wonɔa anyi ɣeyiɣi didi ma ke. Ke ne enɔ anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko la, ekema Israelviwo hã wonɔa anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko, elabena nenemae Yehowa ɖo na wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne alilikpo la tsi nɔƒe la dzi ŋkeke geɖewo la, ekema Israel-viwo kpɔa Yehowa sinu, eye womehona o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne alilikpo la tsi agbadɔa tame ŋkeke geɖe hã la, Israelviwo kpɔa Aƒetɔ sinu, eye womehona dzona o.