Numbers 9:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye wogblɔ na Mose be, “Míegblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku aɖe ta, ke nu ka ta woaxe mɔ na mí be míatsɔ Yehowa ƒe vɔsa vɛ kpe ɖe Israelvi bubuawo ŋu le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wogblɔ nɛ bena: Miegblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku ŋu. Nukaŋuti miekpɔ mɔ atsɔ vɔsa vɛ na Yehowa akpe ɖe Israel-viwo ŋu le ɣeyiɣi la dzi o?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye wogblɔ na wo be: “Míegblẽ kɔ ɖo elabe míeka asi ame kuku ŋu, ke nu ka tae womaɖe mɔ na mí míanɔ Israelvi bubuawo dome atsɔ vɔsanuwo vɛ na Aƒetɔ le ɣeyiɣi la dzi o?”