Obadiah 1:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Migage ɖe nye amewo ƒe agbowo me le woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o, migado vlo wo le woƒe gbegblẽ me, le woƒe dzɔgbevɔ̃eŋkeke la dzi o eye migaxɔ woƒe kesinɔnuwo le wo si le woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Megage ɖe nye ɖukɔ ƒe agbo me le, eƒe dzɔgbevɔ̃egbe o, megafɔ ŋku ɖe eƒe gbegblẽ dzi le eƒe dzɔgbevɔ̃egbe o, eye megado wò asi ɖa ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu le eƒe dzogbevɔ̃egbe o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Menye wòe age ɖe nye dukɔ ƒe agbo me, gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe edzi o. Menye wòe akpɔ dzidzɔ le eƒe afɔku ta, gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe edzi o. Menye wòe aha eƒe nuwo, gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe edzi o.