Philemon 1:16 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Onesimo maganye kluvi ɖeɖe ko azɔ o, ke boŋ azu nu si kɔ sãa wu, eye woanye nɔvi lɔlɔ̃a, vevietɔ nam. Agazu ame vevi na wò ŋutɔ hã azɔ, elabena maganye subɔla le ŋutilã me ko o, ke boŋ anye nɔviwò le Aƒetɔ la me hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
megale abe kluvi ene o, ke boŋ wu kluvi la, ele abe nɔvi lɔlɔ̃ ene, vevietɔ na nye, ke aleke geɖe wu wònyee na wò le ŋutilã me kple Aƒetɔ la me siaa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fifia la, menye kluvi gbɔlo ko wòganye o, ke boŋ ezu ame tɔxɛ wu kluvi. Etrɔ zu nɔviŋutsu lɔlɔ̃tɔ, vevietɔ na nye ŋutɔ. Ke egale vevie na wò ya wu, elabe enye wò kluvi abe amegbetɔ ene, eye wòganye nɔviwò ŋutsu si le hadede me kple Aƒetɔ la azɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Onesimo maganye kluvi ɖeɖe ko azɔ o, ke boŋ azu nu si kɔ sãa wu eye woanye nɔvi lɔlɔ̃a, vevietɔ nam. Agazu ame vevi na wò ŋutɔ hã azɔ, elabena maganye subɔla ko o, ke boŋ anye nɔviwò le Kristo me hã.