Philippians 1:25 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ɛ̃, ele eme be nye dɔwɔwɔ gahiã le agbe sia me, eya ta meka ɖe edzi be maganɔ agbe vie be makpe ɖe mia ŋuti miatsi ɖe edzi le xɔse me, eye miakpɔ dzidzɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esia ke ŋuti meɖoa ŋu ɖo, eye menyae bena, manɔ anyi, eye mía kpli mi katã míanɔ anyi hena miaƒe xɔse ƒe ŋgɔgbedede nyui kple dzidzɔ,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi meka ɖe esia dzi ta la, menya be manɔ mia gbɔ, ayi dɔ si wɔm mele kpli mi katã la dzi, bene miayi ŋgɔ ahakpɔ dzidzɔ le Kristo dzixɔse me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ẽ, ele eme be nye dɔwɔwɔ ga hiã le agbe sia me eya ta meka ɖe edzi be maganɔ agbe vie wu be makpe ɖe mia ŋuti be miatsi ɖe edzi le xɔse me eye miakpɔ dzidzɔ.