Philippians 1:9 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nye gbedodoɖa ɖe mia tae nye be miayɔ fũu, eye miagbã go kple lɔlɔ̃ na mia nɔewo, eye nenema ke, mianɔ tsitsim ɖe edzi le gbɔgbɔmenunya kple sidzedze me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esia ŋuti medoa gbe ɖa ɖo, bena miaƒe lɔlɔ̃ la nana agbɔ sɔm ɖe dzi wu le sidzedze kple dzimenusese katã me,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mele gbe dom ɖa be miaƒe lɔlɔ̃ nagade to ɖe edzi wu, ne miadze si nyateƒe la, ate ŋu atso nya me nyuie na mia ɖokui.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nye gbedodoɖa ɖe mia tae nye bena, miayɔ fũ eye miagbã go kple lɔlɔ̃ na mia nɔewo eye nenema ke mianɔ tsitsim ɖe edzi le gbɔgbɔmenunya kple sidzedze me.