Philippians 4:1 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nɔvi kristotɔ lɔlɔ̃awo, melɔ̃ mi, eye medi vevie be mava kpɔ mi ɖa, elabena miawoe nye nye dzidzɔkpɔkpɔ kple nye fiakuku si maxɔ ɖe nye dɔwɔwɔwo ta. Eya ta xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, minɔ te sesĩe le Aƒetɔ la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔ, siwo le dzroyem, nye dzidzɔ kple nye fiakuku la, minɔ tsitre sesĩe nenema le Aƒetɔ la me, nye lɔlɔ̃viwo!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta, nɔvinyewo, mi ame siwo ƒe nya melɔ̃, mi ame siwo doa dzidzɔ nam, eye mienye nye dziɖuɖukuku, mi ame siwo susum mele, minɔ te sesĩe. Miwɔ ɖeka ne mianɔ agbe kple Aƒetɔ la alea, nye lɔlɔ̃tɔwo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nɔvi kristotɔ lɔlɔ̃awo, melɔ̃ mi eye medi vevie be mava kpɔ mi ɖa elabena miawoe nye nye dzidzɔ kple nye fetu si maxɔ ɖe nye dɔwɔwɔwo ta. Eya ta xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, minɔ te sesĩe nyateƒetɔe le Aƒetɔ la me.