Philippians 4:12 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Menya ale si manɔ agbee, ne naneke mele asinye o, alo ne nu geɖe le asinye hã. Mesrɔ̃ dzidzemekpɔkpɔ ƒe nu ɣaɣla le go ɖe sia ɖe me, le ƒoɖiɖi me alo le dɔwuame me, le nukpɔkpɔ geɖe me alo le hiã me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Menya alesi mabɔbɔ ɖokuinye de anyi, eye meganya alesi makpɔ nu geɖe hã; le nusianu kple nuwo katã me la nasrɔ̃ nu ɣaɣla sia bena, maɖi ƒo, eye dɔ nawum hã, makpɔ nu geɖe, eye hiã natum hã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Menya nu si nye ahedada, eye menya nu si nye gakpɔkpɔ hã. Le nu sia nu me la, mesrɔ̃ ale si wòle be ame nanɔ ɣeawo katã ɣi: le dɔwuame alo ƒoɖiɖi me; le ahedada alo hokpɔkpɔ me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Menya ale si manɔ agbee, ne naneke mele asinye o loo alo ne nu sia nu le asinye. Mesrɔ̃ dzidzemekpɔkpɔ ƒe nu ɣaɣla le go ɖe sia ɖe me, le ƒoɖiɖi me loo alo le dɔwuame me, le nukpɔkpɔ me loo alo le hiã me.