Philippians 4:18 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mexɔ fetu geɖe si wu gbɔgblɔ; mexɔ nunanawo fũu. Esi Epafrodito va la, etsɔ nunana gbogbo siwo mieɖo ɖem la vɛ nam. Nunana siawo nye vɔsanu ʋeʋĩ lĩlĩlĩ si dzea Mawu ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke nuwo katã le asinye, eye megba go; elabena esi mexɔ miawo tso mia gbɔ to Epafrodito si me, nusiwo nye ʋeʋẽ lilili kple vɔsasa nyui, si dze Mawu ŋu la, meyɔ fũ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miexe fe nam wòde kaka gbɔ edzi gɔ̃. Nunana siwo mieɖo ɖa to Epafrodito dzi la va su asinye, ale be mekpɔ nye nuhiahiãwo katã. Miaƒe nunana siawo le abe vɔsa, si le ʋeʋẽm lílilĩ, eye wòdze Mawu ŋu hedo dzidzɔ nɛ la ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Fifi laa la, nu sia nu si mehiã la le asinye, le nyateƒe me la nuawo sɔ gbɔ gɔ̃ hã wu ale si mehiã! Esi Epafrodito va la, etsɔ nunana gbogbo siwo mieɖo ɖem la vɛ nam. Nunana siawo nye vɔsanu ʋeʋẽ lilĩli si dzea Mawu ŋu ŋutɔ.